Philemon

1Nye paulo amesi le gaxɔme le kristo Yesu ta kple mianɔvi ŋutsu timoteo gbɔe agbalɛ sia tso, be woayina filemon miaƒe hadɔwɔla lɔlɔa. 2Kple mianɔvi nyɔnu Apia,kple Arxipo , amesi nye Kristo srafo ƒe hadɔwɔla , kpakple hame si le wo aƒeme. 3Miebia amenuveve kple ŋutifafa tso mawu mia fofo kple mia aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ nami.

4Medaa akpe na Mawu gbesiagbe eye meɖoa ŋku dziwo le nye gbedodoɖawo me. 5Esi mesea nu tso xɔse si le asiwo le aƒeto Yesu me kple alesi nelɔ amekɔkɔe kata ta. 6Medoa gbeda be, alesi newɔ ɖeka kple mi le xɔse me la nenyo ɖe edzi;bena nunyuie siwo kata nenya le mia me,siwo le Kristo me la nade blibo. 7Ke nɔvi ,dzidzɔm alegbegbe eye mekpɔ dzidzeme ɖe wo lɔlɔta ,bena edea agbe gbɔgbɔ amekɔkɔe wo ƒe dziwo me.

8To egbɔ bena ,atsɛ kpakpa blibo le asinye le Kristo me be maɖɔ nusiwo nawɔ ha la, 9ke le lɔlɔta la , mele dzidzim boŋ tso gbɔwo bena ,le enye paulo ametsitsiwo dometɔ ɖeka si nya gaxɔme nɔla le Kristo Yesu ta.

10Mele kuku ɖem nawo ɖe vinye Onesimo ta, amesi me nye etɔ na fifia esi mele gaxɔme. 11Tsala ameko wonye meɖevia ɖeke na wo o, ke fifia ezu viɖenu na mi kpakpliwo sia. 12Mele edɔm ɖoɖawo , eya ŋutɔ netrɔ gbɔ va gbɔɔwo, eya amesi nye nyedzi lɔlɔa. 13Mateŋu na woatsi gbɔnye hafi , bena woateŋu akpe ɖe ŋutsi nye ɖe tewoƒe esi mele gaxɔme ɖe nyanyuia ta.

14Gake nye me dzibe mawɔ naɖeke ne menye le wo lɔlɔnu me o, elabena, wo nyuie wɔwɔ mega nye dzizizi o, ke boŋ tso woŋtɔ wo lɔlɔnu me. 15Dewomahi edzo le gbɔwo na ɣeyiyia ɖe bena woa trɔ gbɔ va zu tɔwo ɖaa. 16Meganye abe ame ƒeƒle ene o, ke boŋ amesi xɔ asi wu ame ƒeƒle , abe nɔvi lɔlɔa si ley tɔxɛ nam, ke ega nɔyeu ame vevie nawo wu le ŋutila kple aƒetɔ la me.

17Ne ebum abe wo hadɔwɔla ene , xɔe atsuu abe nye ŋutɔe va ene. 18Ne edze agɔ le dziwo krua gɔha, alo enyi naɖe ƒeu fe ɖe ŋuwo la, buii ɖe nye akoŋta me. 19Nye paulo ŋutɔe ŋlɔ nu sia kple nye asi be, maxe fea. Nye me di be maɖo ŋku edzi nawo be woha eɖu agbe ƒe fe dem o. 20Ɛ nɔvi na makpɔ dzidzɔ le aƒetɔ la me , gbɔagbe nye dzi le Kristo me.

21Mekaɖe dziwo ɖe alesi neɖoa tom lata.Mele nu sia ŋlɔm nawo , eye menyɛ kɔtɔe bena awɔe wu alesi medi. 22Hekpeɖe esia ŋutila, dzra dzeƒe ɖaɖi nam elabena dziɖeƒo le asinye be to miaƒe gbedodoɖawo me la , makpɔ mɔnu ava gbɔwo.

23Epafra, nye hadɔwɔla si le Kristo Yesu me la do gbe nawo. 24Nenemake nye hadɔwɔlawo :Marko ,Aristarxo, Dema, kpakple Luka.

25Mia aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nenɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ. Amen .

Copyright information for EweULB